Luke 2

Yesu dzidzi

(Mateo 1:18-25)

1Le ɣeyiɣi siawo me la, Kaisaro Augusto, ame si nye fia le Roma dukɔa nu la de se be woaxlẽ ame siwo katã le fiaɖuƒea me. 2Kirenio nye gɔvina le Siria le ɣemaɣi.

3Wodi tso ame sia ame si be wòayi eya ŋutɔ ƒe dedu me be woaŋlɔ eŋkɔ le afi ma. 4Esi wònye be Yosef tso fiaƒome me ta la, ele nɛ be wòayi Betlehem le Yudea afi si nye Fia David ƒe dedu me. Le esia ta wòdze mɔ tso Nazaret si le Galilea la me. 5Ekplɔ Maria, ame si ŋugbe wodo nɛ, ke fu nɔ eƒo le ɣemaɣi me la ɖe asi.

6Esi woɖo Betlehem la, Maria ƒe ŋkeke de be wòadzi vi, 7ale wòdzi ŋutsuvi si nye eƒe vi gbãtɔ. Exatsa ɖevia ɖe abadzivɔ me eye wòtsɔe mlɔ̃ lãwo ƒe nuɖunu me, elebena womekpɔ dzeƒe le amedzrodzeƒe si le kɔƒea me la o.

Alẽkplɔlawo kple mawudɔlawo

8Gbe ma gbe la, alẽkplɔla aɖewo nɔ gbedzi le kɔƒea gbɔ nɔ woƒe alẽwo ŋu dzɔm. 9Kasia mawudɔla aɖe va do ɖe wo dome kpoyii, eye teƒe si wotsi tre ɖo la klẽ kple Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe. Nyateƒe wovɔ̃ ŋutɔ, 10gake mawudɔla la de dziƒo na wo gblɔ be, “Migavɔ̃ o! Dzidzɔnya gãtɔ kekeake si miese kpɔ o lae meva be magblɔ na mi kple ame bubuwo siaa!

11“Ẽ, le nyateƒe me la, wodzi Mesia, Aƒetɔ kple Ɖela la na mí fiẽ sia le Betlehem. 12Ale si miawɔ akpɔe dze sii enye be, miakpɔ ɖevi aɖe si woxatsa abadzivɔ ɖe eŋu eye wotsɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me.”

13Kasia mawudɔla bubu geɖewo va kpe ɖe ɖeka ma ŋu eye wonɔ Mawu kafum le gbɔgblɔm be,

14“Woakafu Mawu si le dziƒo ʋĩ eye ŋutifafa ava anyigba dzi; anɔ anyi kple ame siwo katã wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.”

15Esi mawudɔlawo ƒe aʋakɔ gã sia trɔ dzo yi dziƒo la, alẽkplɔlawo gblɔ na wo nɔewo be, “Mina míayi Betlehem aɖakpɔ nukunu gã si dzɔ, si Aƒetɔ la na míenya la ɖa.”

16Alẽkplɔlawo ɖe abla yi kɔƒea me eye woyi afi si Yosef kple Maria nɔ. Wokpɔ vidzĩa hã, wotsɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me vavã. 17Alẽkplɔlawo gblɔ nu siwo katã dzɔ la kple nya siwo katã mawudɔla la gblɔ na wo le ɖevia ŋu la na ame sia ame. 18Woƒe nya la wɔ nuku na ame siwo katã see la ŋutɔ. 19Ke Maria ya ɣla nya siawo katã ɖe eƒe dzime eye wobua wo ŋu zi geɖe.

20Ale alẽkplɔlawo gatrɔ yi woƒe alẽwo gbɔ le gbea dzi, eye wokafu Mawu be mawudɔlawo va kpɔ yewo ɖa eye gawu la wokpɔ vidzĩ la, abe ale si wògblɔ na wo la ene.

Wotsɔ Yesu, ɖevi la yi gbedoxɔ me

21Esi vidzĩa xɔ ŋkeke enyi la wowɔ aʋatsotsokɔnu alo ŋkeke enyi ƒe kɔnu nɛ eye wona ŋkɔe be Yesu. Esia nye ŋkɔ si mawudɔla la gblɔ da ɖi be woatsɔ nɛ hafi wofɔ eƒe fu gɔ̃ hã.

22Le Mose ƒe seawo nu la ele na Maria be wòayi gbedoxɔ me le Yerusalem aɖana nu abe eɖokui ŋu kɔklɔ le vidzidzi vɔ megbe ƒe kɔnu ene. Esi ŋkeke sia ɖo edzi la dzila eveawo kɔ vidzĩ la yi Yerusalem be woatsɔe ɖo Mawu ƒe ŋkume. 23Elabena le Mose ƒe seawo nu la, Mawu gblɔ be, “Nenye be ame aɖe ƒe vi gbãtɔ nye ŋutsuvi la, ele be wòatsɔe ade asi na Aƒetɔ la.”

24Yesu dzilawo na nunana si wòle be woana le ŋutiklɔɣi la. Sea gblɔ be ele be woana akpakpa eve alo ahɔnɛ sue eve eye esiae wona. 25Yerusalem ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simeon la hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Ame sia nye ame ɖɔʋu aɖe si vɔ̃a Mawu ŋutɔ. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ eme fũ eye wònɔ mɔ kpɔm na Mesia la ƒe vava gbe sia gbe. 26Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖee fiae be maku akpɔ o, va se ɖe esime wòkpɔ Mawu ƒe fia si wòsi ami na la. 27Gbɔgbɔ Kɔkɔe la zi edzi be wòayi gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Esi Maria kple Yosef wova be yewoatsɔ Yesu ɖevi la aɖo Mawu ŋkume la, 28Simeon nɔ afi ma xoxo eye wòxɔ ɖevi la ɖe eƒe abɔwo me henɔ Mawu kafum gblɔ be, 29“Aƒetɔ, azɔ àte ŋu ado mɔ wò dɔla faa elabena mekpɔe abe ale si nedo ŋugbee nam la ene. 30Elabena nye ŋkuwo kpɔ wò ɖeɖe 31si nèdzra ɖo le dukɔwo katã ƒe ŋkume. 32Eyae nye akaɖi si aklẽ na dukɔwo eye wòanye ŋutikɔkɔe na Israel wò dukɔ hã!”

33Maria kple Yosef ƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa le nu siwo katã gblɔm Simeon nɔ le Yesu ŋu ta. 34Simeon yra wo eye wògblɔ be, “Woɖo ɖevi sia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple dodoɖedzi le Israel, eye abe dzesi si ŋu woagblɔ nya ɖo, 35ale be ame geɖewo aɖe woƒe susuwo ɖe go afia, ke wò la yi aƒo ɖe wò luʋɔ le eta.” 36Nyɔnunyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Ana hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Enye Fanuel si tso Yuda ƒe ƒome si woyɔna be Aser me la ƒe vi. Srɔ̃a ku le egbɔ esi woɖe wo nɔewo le ƒe adre ko megbe 37eye wònɔ anyi abe ahosi ene ƒe blaenyi-vɔ-ene sɔŋ. Nyɔnu sia medzona le gbedoxɔ la me geɖe o. Enɔa afi sia zã kple keli nɔa Mawu subɔm henɔa gbedodoɖa kple nutsitsidɔ dzi atraɖii.

38Nyɔnu sia zɔ va do ɖe Maria kple Yosef gbɔ esime Simeon nɔ nu ƒom na wo eye wode asi akpedada me na Mawu. Azɔ eyi ɖaɖe gbeƒã Mesia la na ame siwo katã nɔ mɔ kpɔm na Yerusalem ƒe ɖeɖe la.

Dzilawo trɔ Yesu yi Nazaret

39Esi Yesu dzilawo wu nu siwo katã wòle be woawɔ le Yerusalem abe ale si sea bia tso wo si ene nu la, wotrɔ va aƒe le Nazaret si le Galilea. 40Ɖevi la tsi le afi sia le nunya, ŋusẽ kple sidzedze me. Ame sia ame nya bena, eƒe nunya kɔ sã eye Mawu kɔ eƒe yayra ɖe edzi fũ.

Yesu, ɖevi la, la gbedoxɔ me

41Yesu dzilawo yia Yerusalem ƒe sia ƒe hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. 42Esi Yesu xɔ ƒe wuieve la woyi ŋkekea ɖuƒe le kɔnyinyi la nu. 43Esi azã la wu enu la, dzilawo dze mɔ trɔ yina Nazaret. Gake Yesu ya tsi Yerusalem. Edzilawo zɔ mɔ ŋkeke ɖeka gake womedii o, 44elabena wobu be eya kple woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ bubuwo do megbe. Ke esi fiẽ ɖo eye womekpɔe o la, wode asi edidi me le woƒe ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo dome. 45Wodii ʋuu gake womekpɔe o, ale wotrɔ yi Yerusalem be yewoadii le afi ma.

46Wodii le afi ma ŋkeke etɔ̃ hafi va ke ɖe eŋu, wonɔ gbedoxɔ la me le sefiala gãwo dome nɔ biabia goglowo me dzrom kplii wo. 47Amewo katã ƒe nu ku le eƒe nunya kple nugɔmesese ta.

48Edzilawo menya nu si woagblɔ esi wokpɔe la o. Mlɔeba la, dada gblɔ nɛ be, “Vinye, nu ka ta nèwɔ nu sia ƒomevi ɖe mía ŋu ɖo? Mí kple fofowo míetsi dzodzodzoe nɔ diwòm le afi sia afi.”

49Yesu ɖevi la ɖo eŋu be, “Nu ka ta wòle be miadim ɖo? Mienya bena ele be manɔ gbedoxɔ la me afi si nye Fofonye ƒeme oa?” 50Edzilawo mese nya si wògblɔ la gɔme o.

51Ale Yesu trɔ yi Nazaret kpli wo eye wònaa bubu edzilawo nyuie ŋutɔ. Ke dada tsɔ nya siawo katã ɣla ɖe eƒe dzime. 52Yesu tsi ɖe edzi eye nunya hã nɔ tagbɔ nɛ. Eye Mawu kple amewo siaa lɔ̃e vevie.

Copyright information for EweBEE